Dig Where You Stand – From Coast to Coast : Seke (Ɖi seke la ɖe afi si mietɔ ɖo tso go sia dzi yi kemɛa dzi : Seke) nye asifiamɔnu aɖe si le nume kum tso ɖekawɔwɔ kple amenyenye si le afrikaviwo me la ŋu, to vo na mama si wozi mia dzi de mia me la. Wotu asifiamɔnu sia ɖe Dr Kwame Nkrumah ƒe yɔyɔ si wòwɔ hena Afrika ƒe ɖekawɔwɔ la dzi, eye wòle nu ƒom tso tanya siwo kuɖe mɔzɔzɔ, dzodzo le teƒe aɖe, dutayiyi kple dɔwɔwɔ ŋu la ŋu, eye wògade ɣeyiɣi siawo nya vevi siwo kà amedzronyanya ɖe aƒe kple nu dadzowo xɔxɔ gbɔ va aƒe la hã tome.
Nu si ta asifiamɔnu vovovoawo ɖi te ɖe Afrikaƒugoduwo me, vevitɔ, dugã siwo me « gatɔvudowo xoxowo » le lae nye be woaɖe vidunyenye dzesi la ɖa le domenyinuawo ŋu eye be woagbugbɔ awɔ wo denuwoe. Asifiamɔnua le ale si aɖaŋunutata gbɔa agbe nuwo la dom kpɔ le Afrikaduwo me kple evia siwo le gbedzi la gbɔ ; eye ele esia wɔm megbemakpɔtɔe le seɖoanyiwo kple Afrika ƒe tsɔmetameɖoɖowo ŋu.
Le wɔna sia me la, Dig Where You Stand – Seke, asifiamɔnua de susu aɖe tome si nye « tɔtrɔ yi aƒe vɔtru/mɔ », abe mɛli aɖe si trɔ yina Afrika ene. Asifiafia sia zã eʋegbenyakpe « seke » abe ɖekakawɔwɔ dzesi ene, elabena, ele nanam be kadede wòanɔ Lome, Togo kple du vovovo siwo me wodoa eʋegbe lena la dome abe ale si Afrika Dukɔwo ƒe ɖekawɔwɔ yɔyɔ la ɖoe anyi ene.
Teƒe si wole asia fiam le lae nye Palais de Lomé, teƒe sia nye afi si de ka vevie kple ƒoƒose hena nu dadzowo ɖoɖo ɖe aƒe kple ɖɔɖɔɖo, esia ɖee fia be dodo le vidunyenye te le vevie ŋutɔ. Palais de Lomé si nye amedziɖudziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu la, kpɔ tɔtrɔ yeye le edzadzraɖo gome ale be ŋutunya yeye naku ɖe eŋu eye be wòatso ka si le eya kple eƒe amedzizidziɖudu ŋutinya la dome. Togolɔnudɔwɔlawo kple xɔtutu dɔwɔƒewoe wɔ Ɖɔɖɔɖodɔawo katã.
Dig Where You Stand – From Coast to Coast : Seke le Afrika ƒe nɔnɔme vovovowo ɖem fia, hele ŋusẽ dom dɔwɔɖedu (dɔwɔwɔ aduadu) kple hahome dɔwɔwɔwo. Nuɖeɖego sia to mɔnu vovovowo dzi hele afrikaɖaŋunutalawo ƒe dɔwo ɖem ɖe go eye wòna be woaku nume hena gododo mɔnukpɔkpɔ siwo ŋu womeɖo ŋu ɖo o la hã.
Ale be nua ƒe amewo gbɔdede nakeke ta la, woatsɔ fotowo kple nɔnɔmetata ʋuʋuwo afia, eye kpe ɖe esia ŋu la, dɔwɔɖoɖowo ava eme le afi bubuwo to vo na Palais de Lomé la. Nudetome siawo ana be woawɔ asifiaɖoɖoa (nuɖeɖegoa) le duviwo hã me, eye be wòaƒoƒu sukukɔkɔdelawo, nufialagãwo to dɔwɔɖoɖowo kple numetoto medzodzrowo me ale be woasrɔ̃ nu to esiawo me. Ale be woana mɔnukpɔkpɔ nutovimetɔwo katã be woakpɔ gome blibo le nuɖeɖegoa (nuɖeɖefiaa) me la, wotrɔ nyaɖoanyiawo kple tanya suewo ɖe eʋegbe me, eye wotsɔ nyasese siwo wolé ɖi ɖe nyasemɔwo dzi hã kpe ɖe esiawo ŋu.
NUƉEFIATAKPƆLA Rosemary Esinam Damalie
NUƉEFIAƉAŊUƉOHA Azu Nwagbogu
NUDETOMELA Mamee Prempeh & Arsène Younang
Nutalawo
Bright Ackwerh
Sika Akpaloo
Date Kodjo Amouzou
Kongo Astronauts
Tété Azankpo
Joana Choumali
Kwami Da Costa
Jerry Doe-Orlando
Dodji Efoui
Victor Ehikhamenor
Atisso Goha
Kugbe Koff (Kukoff)
Leopold Ankude Kossi Krampah (Laka)
Michael MacGarry
Renzo Martens & CATPC
Zanele Muholi
Chris Parker Edzordzi Sefogah (Megborna)
Hodin Seynon
Kodjovi Tessi
Thierry Tomety